Ezra 8:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋu le kpeyem be mabia fia la be wòana asrafowo kple sɔdolawo mí, woadzɔ mía ŋu le mɔa dzi le míaƒe futɔwo ta, elabena megblɔ na fia la be, “Míaƒe Mawu la ƒe amenuvevesi nɔa ame sia ame si ɖoa dzi ɖe eŋu la dzi, ke eƒe dziku gã la nɔa ame siwo katã gbee la dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ŋu le kpeyem be, mabia aʋakɔ kple sɔdolawo le fia si, ne woaxɔ na mí tso futɔvvo si me le mɔta, elabena míegblɔ na fia la bena: Mía Mawu ƒe asi le amesiwo katã dinɛ la dzi hena woƒe nyonyo, ke eƒe ŋusẽ kple dziku le amesiwo katã gblẽnɛ di la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe ekpe ŋu nam be mabia fiaa be nena asrafo kple sɔdzisrafo aɖewo mí ne woadzɔ mía ŋu le mɔzɔzɔa me tso futɔwo si me. Míegblɔ na fia la do ŋgɔ be: “Míaƒe Mawu nyoa dɔme na ame siwo katã dinɛ la, ke eƒe ŋusẽ kple dɔmedzoe vaa ame siwo katã gblẽnɛ ɖi la dzi.”