Ezra 9:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
O Yehowa, Israel ƒe Mawu, wò la, èle dzɔdzɔe! Wogble mí ɖi egbea abe ame siwo susɔ la ene. Míawoe nye si le ŋkuwò me le míaƒe agɔdzedze me togbɔ be, le esia ta mía dometɔ ɖeka hɔ̃ɔ hã mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋkuwò me o hafi hã.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa, Israel ƒe Mawu, enye dzɔdzɔetɔ, elabena míawoe nye ame susɔeawo, siwo kpɔtɔ ɖi, abe alesi wòle egbe siawo ene. Kpo ɖa, míele míaƒe fɔɖiɖiwo me le ŋkuwò me, elabena míate ŋu anɔ te ɖe nuwò le esia ta o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
O Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, dzɔdzɔetɔ nènye; ke nèɖe mɔ be mí ame siawo míesusɔ fifia. Kpɔ ɖa, mí fɔɖilawo nye esi le ŋkuwò me, ame aɖeke mate ŋu anɔ te le ŋkuwò me le esia ta o.