Ezra 9:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ke azɔ la, le ɣeyiɣi kpui siawo me la, Yehowa, míaƒe Mawu la ve mía nu, gblẽ ame mamlɛawo ɖi na mí hena afɔɖoƒe sesẽ mí le eƒe kɔkɔeƒe la, ale míaƒe Mawu la na míaƒe ŋkuwo dzi kɔ kple gbɔdzɔe vi aɖe tso míaƒe kluvinyenye me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ Yehowa, mía Mawu, ve mía nu vie, ekpɔtɔ ame susɔea ɖewo ɖi na mi, eye wona agbadɔtsyoti mi le eƒe nɔƒe kɔkɔe la, ne mía Mawu nana míaƒe ŋku dzi nakɔ, eye wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe vie le miaƒe kluvinyenye me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke le ɣeyiɣi ʋɛ siawo me la, Aƒetɔ, mía Mawu ve mía nu, eye wòsusɔ ame aɖewo ɖi na mí. Ena míekpɔ gome le eƒe nɔƒe kɔkɔe la me, bene mía Mawu nana be míaƒe ŋku dzi nakɔ, eye míakpɔ gbɔdzɔe vie le míaƒe kluvinyenye la me.