Galatians 1:10 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nyemele agbagba dzem be madze amegbetɔwo ŋu o, ke boŋ be madze Mawu ŋu. Nyemele agbagba dzem be madze amewo ŋu o. Nenye ɖe mele agbagba dzem be madze amewo ŋu la, ne nyemenye Kristo ƒe dɔla o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke azɔ la, ɖe megale nu ƒom, bena wòanyo amewo ŋu loo, alo Mawu ŋua? Alo ɖe mele didim bena, madze amewo ŋua? Ɖe megale amewo ŋu dzem la, anye ne nyemeganye Kristo ƒe dɔla o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke azɔ la, nya si gblɔm mele la, ɖe mele egblɔm be madze amegbetɔwo ŋu loo, alo Mawu ŋua? Ɖe mele didim be madze amegbetɔwo ŋua? Nenye ɖe megale didim be madze amegbetɔwo ŋu la, anye ne nyemeganye Kristo ƒe dɔla o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Miate ŋu akpɔe be nyemele agbagba dzem be madze mia ŋu kple nya viviwo kpakple amebeble o. Gbeɖe, mele agbagba dzem be madze Mawu ŋu. Nenye ɖe medzea agbagba be madze amegbetɔwo ŋu la, anye ne nyemenye Kristo ƒe dɔla o.