Galatians 1:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Miese nu tso ale si menɔ agbee va yi ŋu esi menɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ yome; ale si meti Mawu ƒe hame la yome nublanuimakpɔmakpɔtɔe, hedze agbagba be matsrɔ̃ wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena miese nye tsãnyinɔnɔ le Yudatɔnyenye me bena, meɖikpi ti Mawu ƒe hame la yome akpa, eye megblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miese ale si menɔ agbee tsã, abe Yudatɔ akuakua ene. Miese ale si meti Mawu ƒe hamea me nɔlawo yome vevie, eye medze agbagba vevie be matsrɔ̃ hamea.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mienya ale si menɔ esi medze Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ yome; ale si meti kristotɔwo yome nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Mehea wo yia ʋɔnui eye mewɔ nu sia nu si mate ŋui la be maɖe wo katã ɖa.