Galatians 1:17 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nyemeyi Yerusalem be matsɔ nya la aɖo ame siwo nye apostolowo do ŋgɔ nam la ŋkume o, ke boŋ meyi Arabia. Emegbe la, metrɔ yi Damasko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye nyemeyi Yerusalem ɖe amesiwo tre apostolonyenye nam la gbɔ o, ke boŋ metɔ dzi heyi ɖe Arabia, eye megagbugbɔ va Damasko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyemede Yerusalem gɔ̃ hã be makpɔ ame siwo zu amedɔdɔwo do ŋgɔ nam la hã o, ke boŋ meyi ɖe Arabia enumake, eye esi metrɔ gbɔ la, megava yi Damasko.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nyemeyi Yerusalem be matsɔ nya la ɖo ame siwo nye apostolowo do ŋgɔ nam la ŋkume o. Ao! Meyi Arabia ƒe gbegbewo eye metrɔ va Damasko.