Galatians 3:10 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena ame siwo katã tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe se la ƒe dɔwɔwɔwo dzi la, wole fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be, “Woaƒo fi ade ame sia ame si menɔ agbe ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe Segbalẽ la me la nu o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ame alesi nu tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me la, wole fiƒode la te; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woaƒo fi ade amesiame, si mena nusianu, si woŋlɔ ɖe anyi le sea ƒe agbalẽ me la dzi, bene wòawɔ edzi o la.“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke woƒo fi de ame siwo katã lé sea dzi wɔwɔ me ɖe asi, elabe woŋlɔ ɖe mawunya me be: “Ame sia ame si mezɔna ɖe nu siwo katã woŋlɔ ɖe segbalẽa me nu, eye wòwɔa wo dzi o la, fiƒode le edzi.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame siwo katã tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe sea dzi wɔwɔ dzi la le fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be, “Woƒo fi de ame sia ame si melé nu sia nu si woŋlɔ ɖe Segbalẽa me la me ɖe asi o.”