Galatians 3:18 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena ne domenyinyi la ku ɖe se la ŋu la, ekema megaku ɖe ŋugbedodo la ŋu o; ke Mawu to ŋugbedodo la me tsɔe ke Abraham.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena nenye se la mee domenyinyi la tso la, ekema metso ŋugbedodo la me o; ke Mawu to ŋugbedodo la me tsoe ke Abraham.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenye be Mawu ƒe nunana sia, ɖe wòtso sea me la, anye ne meganye ŋugbedodo o. Evɔ la, nu wònye Mawu tsɔ do ŋugbe na Abraham faa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne se mawo dzi wɔwɔ ate ŋu aɖe mí la, ekema eme kɔ ƒãa bena esia ato vovo sã tso Abraham ƒe mɔ gbɔ elabena ɖe ko Abraham ya xɔ Mawu ƒe ŋugbedodo dzi se.