Galatians 4:1 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nya si gblɔm mele lae nye be zi ale si domenyila aɖe nye ɖevi ko la, vovototo aɖeke mele eya kple kluvi dome o, evɔ eyae nye nuwo katã ƒe aƒetɔ hafi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke mele gbɔgblɔm be: Ŋkeke alesi domenyila enye ɖevi la, vovoa ɖeke mele eya kple kluvi dome o, wònye eyae nye nuwo katã ƒe aƒetɔ hafi;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu si mewɔnɛ lae nye be, ne vi aɖe nye domenyila, evɔ wògale ɖevime ko la, togbɔ be domenyinuawo katã nye etɔ hã la, zi ale si wòganye ɖevi ko la, vovototo mele eya kple kluvi dome o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Miɖo ŋku edzi be ne fofo aɖe ku eye wògblẽ domenyinu gã aɖe ɖi na via sue aɖe la, ɖevi sue ma tɔ me menyo sãa wu kluvi aɖeke tɔ o va se ɖe esime wòatsi togbɔ be nu sia nu si fofoa gblẽ ɖi nɛ nye etɔ hã.