Galatians 4:6 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi mienye viawo ta la, Mawu dɔ Via ƒe Gbɔgbɔ ɖe miaƒe dziwo me, eya ta azɔ la, miate ŋu ayɔ Mawu dzideƒotɔe be, “ Abba, Fofo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi míenye viwo ŋuti la, Mawu dɔ Via ƒe Gbɔgbɔ, si le ɣli ɖom be; Aba, Fofo la, ɖo ɖe míaƒe dziwo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawu di be yeafia be ye viwo mienye, eya ta wòɖo Via ƒe Gbɔgbɔ si doa ɣli lɔlɔ̃tɔe be: “Ao, Tɔ́nye lɔlɔ̃tɔ!” la, ɖa ɖe míaƒe dziwo me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eye be míenye viawo ta la, Mawu ɖo Via ƒe Gbɔgbɔ ɖe míaƒe dziwo me eya ta azɔ la míate ŋu ayɔ Mawu dzideƒotɔe be enye mía Fofo lɔlɔ̃a.