Galatians 5:21 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
ŋubiabiã, ahamumu, aglotutu vɔ̃wo kple esia tɔgbiwo. Mele nu xlɔ̃m mi, abe ale si mexlɔ̃ nu mi va yi ene la be ame siwo nɔa agbe alea la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
dɔmevevi, hlɔ̃dodowo, ahamumuwo, aglotutuwo kple esia tɔgbewo; nusiwo gblɔm mele ɖi na mi, abe alesi megblɔ ɖi na mi xoxo la ene, bena amesiwo wo ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
dɔmevevi, ahamumu, aglotutu kple nu siwo ɖi esiawo tɔgbe wɔwɔ. Megale egblɔm na mi da ɖi, abe ale si megblɔe na mi da ɖi tsã la ene, be ame siwo wɔa nu siawo tɔgbe la, manyi mawufiaɖuƒe la dome akpɔ o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
ŋubiabiã, ahamumu, aglotutu vɔ̃wo kple esia tɔgbiwo. Mele nu xlɔ̃m mi, abe ale si mexlɔ̃ nu mi va yi ene la be, ame siwo nɔ agbe alea la manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.