Galatians 6:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame si ƒã nu le ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ tso ŋutilã me; ke ame si ƒã nu le Gbɔgbɔ la me la, aŋe agbe mavɔ tso Gbɔgbɔ la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me; ke amesi ƒã nu ɖe Gbɔgbɔ me la, aŋe agbe mavɔ atso Gbɔgbɔ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame si ƒã nu ɖe ŋutilãmedidi me la, nu si wòaŋe tso eme lae nye gbegblẽ. Ke ame si ƒã nu ɖe Gbɔgbɔmedidi me la, agbe mavɔe nye nu si wòaŋe tso eme.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne eƒã eya ŋutɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo ƒe ku la, ekema ele nu vɔ̃wo ƒe ku ƒãm eye le nyateƒe me la, aŋe gbegblẽ ƒe ku. Ke ne eƒã gbɔgbɔmekuwo la, aŋe agbe mavɔ si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la anɛ.