Genesis 12:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi fia ƒe subɔlawo kpɔe la, wokafu eƒe tugbedzedze na Fia Farao, eye wokplɔe yi ɖe Farao ƒe aƒe me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi Farao ŋumewo kpɔe la, wokafui na Farao, eye wokplɔ nyɔnu la va Farao ƒe me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Egipte Fiagã ƒe amegãwo kpɔ nyɔnua la, wokafui na Egipte Fiagã la, eye wokplɔ nyɔnu la va Egipte Fiagã la ƒeme.