Genesis 12:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ be, “Matsɔ anyigba sia ana wò dzidzimeviwo.” Abram ɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma hena ŋkuɖoɖo ale si Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa ɖe eɖokui fia Abram gblɔ nɛ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana. Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa, amesi ɖe eɖokui fiae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ ɖe eɖokui fia Abram gblɔ nɛ be: “Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana.” Ale Abram ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Aƒetɔ ame si ɖe eɖokui fiae.