Genesis 13:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Lot lé ŋku ɖe gbadzaƒe si le Yɔdan tɔsisi la gbɔ la ŋu; tsi bɔ ɖe afi ma. Nya sia dzɔ do ŋgɔ na Yehowa ƒe Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃. Teƒe la ɖi Edenbɔ la kple anyigba nyui si ƒo xlã Zoar le Egipte.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Lot tsa ŋku Yordan-nutowo katã me, eye wòkpɔ bena, tsi li ŋutɔ, elabena Yehowa metsrɔ̃ Sodom kple Gomora haɖe o, ele abe Yehowa ƒe abɔ me ene, eɖi Egipte-nyigba vaseɖe Zoar ke.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Lot tsa ŋku godoo, eye wòkpɔ be tsi sɔ gbɔ le Yordan-balia me ʋuu heyi keke Zoar ke, eye teƒea le abe Aƒetɔ ƒe abɔ me ene, abe Egipte-nyigba ene. Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ metsrɔ̃ Sodom kple Gomora duwo haɖe o.