Genesis 15:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa wɔ nubabla sia kple Abram gbe ma gbe gblɔ be, “Metsɔ anyigba sia si le Egipte tɔsisi la kple Frat tɔsisi gã la dome la na wò dzidzimeviwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le ŋkeke ma dzi Yehowa bla nu kple Abram gblɔ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia, si tso Egipte-tɔsisi la nu vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu ana:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbe ma gbe Aƒetɔ bla nu kple Abram be, “Metsɔ anyigba sia na wò dzidzimeviwo: Etso Egipte-tɔsisi gã la nu va se ɖe Frat-tɔsisi la nu ke.