Genesis 16:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale esi Abram nɔ Kanaan ƒe ewo megbe la, srɔ̃a, Sarai, tsɔ eƒe Egipte kosi, Hagar na srɔ̃ŋutsua be wòanye srɔ̃a.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le Abram ƒe Kanaan-nyigba dzi nɔnɔ ƒe ewo megbe la, Sarai, Abram srɔ̃, tsɔ eƒe kosi, Egipte-nyɔnu Hagar, na srɔ̃a Abram wòɖe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale, ƒè ewo le Abram ƒe Kanaan-nyigba dzi vava emegbe la, Sarai tsɔ Hagar nɛ wòɖe.