Genesis 17:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mawu ɖo eŋu be, “Ao, menye nenemae megblɔ o. Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye miana ŋkɔe be, Isak si gɔmee nye ‘Nukoko.’ Mabla nu kple eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Mawu gblɔ bena: Nyateƒe! Srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Isak, eye mabia nu kple eya kpakple emegbeviwo tegbee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Mawu gblɔ be: “Ao! Srɔ̃wò Sara le ŋutsuvi dzi ge na wò, eye nàyɔe be Isak. Mawɔ nye nubabla la dzi na eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.