Genesis 17:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ma gbe ke la, Abraham tso aʋa na via, Ismael kple ŋutsuvi bubu ɖe sia ɖe si wodzi ɖe eƒe aƒe me alo ƒle kple ga va eƒe aƒe me abe ale si Mawu ɖo nɛ ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gbemagbe tututu Abraham tso via Ismael kple amesiwo katã wodzi le eƒe me, kple eƒe kluviwo, ŋutsu sia ŋutsu, si le Abraham ƒe me la ƒe aʋanuyiwo ɖa, abe alesi Mawu gblɔ nɛ ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbe ma gbe ke la, Abraham lã aʋanuyi na Ismael kple ŋutsu ɖe sia ɖe si wodzi le eƒeme kpakple esiwo katã wòƒle kple ga la. Etso aʋa na wo abe ale si Mawu gblɔ nɛ la ene.