Genesis 19:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mawudɔlawo gblɔ na wo be, “Miɖe abla miaɖe miaƒe agbe, eye migakpɔ megbe o. Misi yi toawo dzi, miganɔ gbadzaƒe le afi sia o. Ne menye nenema o la, miatsrɔ̃.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wokplɔ wo do goe vo la, wogblɔ bena: Ekpo ɖe asiwò azɔ, eyata ɖe ɖokuiwò! Megakpɔ megbe o, eye megatɔ ɖe afia ɖeke hã o; ke boŋ si yi ɖe to la dzi, bena màgatsrɔ̃ o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wokplɔ wo do goe vɔ la, wogblɔ na Lot be: “Ekpo ɖe dziwò azɔ. Sí dzo, ne nàtsi agbe! Mègakpɔ megbe o; mègatɔ ɖe afi aɖeke hã le balia me o. Sí yi toawo dzi be nàgatsrɔ̃ o.”