Genesis 19:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mikpɔ ɖa, ɖetugbi eve siwo menya ŋutsu haɖe o la le asinye. Maɖe asi le wo ŋu na mi be miawɔ nu sia nu si adze mia ŋu la kpli wo. Ke migawɔ naneke amedzro siawo ya o, elabena nye dzikpɔkpɔ te wole.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Míkpɔ ɖa, vinyenyɔnu eve li, amesiwo medo ŋutsu gbɔ kpɔ o, makplɔ wo vɛ na mi, ne miawɔ nusi mielɔ̃ la, ɖe wo ŋu faa; ɖeko migawɔ nu baɖa ɖe ŋutsu siawo ŋu o, elabena esiata wova dze gbɔnye ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mikpɔ ɖa, vinye ɖetugbi eve li; womenya ŋutsu o. Makplɔ wo vɛ na mi, ne miawɔ nu si dze mia ŋu la kpli wo. Ke ŋutsu siawo ya la, nye amedzrowo wonye. Migawɔ naneke ɖe wo ŋu o.”