Genesis 19:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wodo ɣli sesĩe be, “He ɖa le afi ma! Ame kae nèbu be yenye? Míeɖe mɔ na Lot be wòanɔ mía dome abe amedzro ene, ke azɔ la, ele didim be yeagblɔ nu si míawo míawɔ la na mí! Míawɔ nu vevi wò wu nu si míawɔ ame mawo.” Wolũ ɖe Lot dzi, eye wode asi ʋɔtrua gbagbã me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wodo ɣli ɖe eta gblɔ bena: Te ɖa afia! Wò amedzro ɖeka hã sia, si va dze mía gbã la, nanɔ ɖokuiwò wum amegãe alea? Azɔ la miawo vo ɖe wòa ŋuwò wu woawo gɔ̃. Eye wonyẽ zi ɖe Lot dzi gbidigbidi, be yewoagbã ʋɔa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woblu ɖe Lot ta be: “He ɖa le mía ŋkume! Wò si nye amedzro le afi siaa, nànɔ ʋɔnu drɔ̃m mí alea! Ne mèkpɔ nyuie o la, nu si míatu kpli wò la, avɔ̃ɖi wu wo tɔ.” Ale wolũ ɖe Lot dzi, lée sesĩe be yewoagbã agboa.