Genesis 2:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Do ŋgɔ la, atiwo kple gbewo memie ɖe anyigba dzi haɖe o, elabena Yehowa Mawu meɖo tsidzadza ɖa haɖe o, eye ame aɖeke hã menɔ anyi ade agble ɖe anyigba la dzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke gbemetia ɖeke mele anyigba dzi haɖe o, eye nu miemiea ɖeke medo ɖe gbe me haɖe o; elabena Yehowa Mawu mena tsi dza ɖe anyigba dzi haɖe o, eye ame meli ade anyigba la o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
gbe alo ati aɖeke menɔ anyigba dzi o, eye nuku aɖeke hã memie ɖi o, elabe Aƒetɔ Mawu mena tsi dza o, eye gawu la, ame aɖeke mele anyigba dzi ade agble ɖe edzi o.