Genesis 20:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Abimelek yɔ Abraham, eye wògblɔ be “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Aleke gbegbe meda voe ɖe ŋuwò be nèna fɔɖiɖi gã sia va nye kple nye fiaɖuƒe dzi? Èwɔ nu si womewɔna o la ɖe ŋunye.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Abimelex yɔ Abraham, eye wògblɔ nɛ bena: Nuka nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Nuvɔ̃ ka gɔ̃ mewɔ de ŋuwò bena, nèhe dzɔgbevɔ̃e gã sia va nye ŋutɔ kple nye fiaɖuƒe la dzi mahã? Nusi womewɔna o la, eya nye esia nèwɔ ɖe ŋutinye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Abimelex yɔ Abraham eye wòbiae be: “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Nu vɔ̃ ka gɔ̃ mewɔ ɖe ŋuwò hafi nèhe dzɔgbevɔ̃e gã sia va nye kple nye fiaɖuƒe dzi? Womewɔa nu sia, si nèwɔ ɖe ŋunye la, gbeɖegbeɖe o.