Genesis 24:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu si mebia wò lae nye ɖetugbi si mabia be wòana tsim, eye wòagblɔ be, ‘Yoo, mana tsi wò kple wò kposɔwo siaa’ la, na be eya tututu nanye nyɔnu si wò ŋutɔ nètia be wòanye Isak srɔ̃. To esia me madze sii le be ève nye aƒetɔ nu.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye ava me be, nyɔnuvia ɖe ava, amesi magblɔ na bena: Na tsim mano, eye woaɖo ŋu nam be: Noe, eye mana wò kposɔwo hã nano lã, ekema eyae nye nyɔnu, si nèɖo ɖi na wò ɖɔla Isak, eye eya me madze sii le be, eve nye aƒetɔ nu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Na ɖetugbi si magblɔ na be: ‘Meɖe kuku, dro wò tsize ɖi ne mano tsi’, eye wòagblɔ be: ‘Noe, eye mana wò kposɔwo hã woano’ la, nenye ame si dzi nètɔ asii na wò dɔla Isak. To esia me madze sii be ève nye aƒetɔ nu.”