Genesis 24:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena Yehowa, Mawu si le dziƒo la gblɔ nam be magblẽ anyigba ma kple ƒonyemetɔwo ɖi, eye wòdo ŋugbe nam be yeatsɔ anyigba sia na nye kple nye dzidzimeviwo. Ana mawudɔla aɖe nanɔ ŋgɔ na wò, eye wòakpɔ egbɔ be èkpɔ nyɔnuvi aɖe tso afi ma wòazu vinye srɔ̃.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa, dziƒo Mawu, si ɖem tso fofonye ƒe me kple mia denyigba dzi, amesi ƒo nu kplim, eye wòka atam nam bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana la, adɔ eƒe ɖɔla ɖe ŋgɔwò, be naɖe srɔ̃ na vinye la tso afima
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, dziƒo ƒe Mawu la, ame si ɖem ɖa tso tɔ́nye ƒeme kple mía denyigba dzi, eye wòdo anyigba sia ŋugbe nam be: ‘Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana’ la, adɔ eƒe dɔla wòanɔ ŋgɔwò, nàɖaɖe srɔ̃ na vinye ŋutsu tso afi ma.