Genesis 25:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Edze na Rebeka abe ɖevi evee nɔ avu wɔm le eƒe dɔ me ene! Egblɔ be, “Nyemate ŋu ado dzi anɔ te ɖe nu sia nu o.” Ale wòbia gbe Yehowa tso eŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi ɖeviawo le ŋu ɖom wo nɔewo le eƒe dɔ me la, egblɔ bena: Ne ele alea la, nukaŋuti megale agbe ɖo? Eye wòyi ɖabia Yehowa se.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖeviawo nɔ ʋiʋlim le eƒe dɔme. Ale ebia eɖokui be: “Nu ka tae nu sia ƒomevi le wɔyem?” eye wòyi ɖabia Aƒetɔ se.