Genesis 26:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã si me wòɖo afi ma la, eye wògblɔ nɛ be, “Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu, mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò, eye mayra wò. Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ale gbegbe be woazu dukɔ gã aɖe le nye ŋugbedodo na Abraham, ame si ɖo tom la ta.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã ma me gblɔ bena: Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu! Megavɔ̃ o, elabena nye la meli kpli wò; mayra wò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ɖe dzi le nye dɔla Abraham ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbe si gbe wòʋu yi ƒe zã me la, Aƒetɔ ɖe eɖokui fiae gblɔ nɛ be: “Nyee nye tɔ́wò Abraham ƒe Mawu. Mègavɔ̃ o; meli kpli wò. Le nye dɔla Abraham ta la, mayra wò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ɖe dzi.”