Genesis 27:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wòli asi eŋu. Isak gblɔ na eɖokui be, “Gbe la nye Yakob tɔ, gake asiawo nye Esau tɔ!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yakob te ɖe fofoa Isak ŋu, eye esi wòli asi eŋu kpɔ la, egblɔ bena: Gbe la enye Yakob ƒe gbe, ke asiawo nye Esau ƒe asi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yakob te ɖe tɔ́a ŋu, eye esi wòle asi lim eŋu la, egblɔ be: “Gbea nye Yakob ƒe gbe; ke asiawo ya Esau ƒe asiwoe.”