Genesis 27:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Isak gblɔ be, “Vinye, ekema tsɔ nuɖuɖu la vɛ nam. Ne meɖui vɔ la, ekema mayra wò.” Yakob tsɔ nuɖuɖu la na fofoa wòɖu, eye wòno wain si Yakob tsɔ kpe ɖe nuɖuɖua ŋu la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ bena: Tsɔe vɛ nam, ne maɖu vinye ƒe adelã la, eye mayra wò! Tete wòtsɔe ve nɛ woɖu, emegbe wotsɔ wein vɛ nɛ wònɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Isak gblɔ be: “Tsɔ vinye ƒe adelã la vɛ maɖu ne mayra wò.” Yakob tsɔe vɛ nɛ wòɖu, eye wòna wain hãe wòno.