Genesis 27:29 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Dukɔ geɖewo nazu kluviwo na wò. Àzu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo dzi. Wò ƒometɔwo katã nade ta agu na wò. Woaƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi de wò la, ke woayra ame sia ame si ayra wò la.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Dukɔwo asubɔ wò, eye ƒomewo anɔ wò ŋusẽ te. Aɖu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo nu, eye dawòviwo adze klo na wò. Amesi ke aƒo fi ade wò la, woaƒo fi adee, eye amesi ke ayra wò la, wõayrae!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dukɔwo nesubɔ wò, eye ƒomewo nede ta agu na wò! Ɖu aƒetɔ ɖe nɔviwò ŋutsuwo dzi, eye dawò viwo nebɔbɔ ɖe tewò. Ame si ƒo fi de wò la, woaƒo fi adee, eye ame si yra wò la, woayra eyama.”