Genesis 27:36 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esau gblɔ kple vevesese be, “Nu sia tututu tae woyɔe be Yakob si gɔmee nye ‘Amebala’ ɖo. Exɔ nye ŋgɔgbevinyenye le asinye, eye wògafi nye yayra hã. Oo, fofonye, yayra aɖeke megale asiwò nànam oa?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eɖo ŋu bena: Yakob ye woyɔnɛ vavã! Zi eve enye si wòblem: Exɔ ŋgɔgbevinyenye le asinye, azɔ egaxɔ nye yayra hã! Eye wòbiae bena: Mèkpɔtɔ yayraa ɖeke ɖi nam oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esau gblɔ be: “Yakob ko woayɔ nɛ vavã! Zi eveliae nye esi wòlé afɔkpodzi nam hebam. Exɔ nye ŋgɔgbevinyenye va yi, azɔ egaxɔ nye yayra hã.” Eyi edzi bia tɔ́a be: “Mèsusɔ yayra aɖeke ɖi nam oa?”