Genesis 27:41 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Esau lé fu nɔvia Yakob ɖe eƒe yayra si fofoa tsɔ nɛ la ta. Egblɔ na eɖokui be, “Esusɔ vie fofonye naku, ekema mawu Yakob.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Esau lé Yakob ɖe fu me le yayra, si fofoa tsɔ nɛ la ta, eye Esau ɖo ta me gblɔ bena: Ne fofonye aku, eye woanɔ fu nyim nɛ la, ekema mawu nɔvinye Yakob!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Esau lé fu Yakob elabe wo tɔ́ yra eya. Eɖo nugbe ɖe eŋu gblɔ le eɖokui me be: “Mía tɔ́ ƒe kuɣi le kpuie. Ne wole fu nyim nɛ ko la, mawu nɔvinye Yakob godoo.”