Genesis 28:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene! Woakaka ɖe anyigba dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, tso anyiehe yi dziehe, eye woayra dukɔwo katã le xexea me to wò kple wò dzidzimeviwo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, eye nakeke ta ɖe ɣetoɖoƒe, ɣedzeƒe, anyiehe kple dziehe, eye woayra anyigba dzi dukɔwo katã. Ne mia kple wò dzidzimeviwo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, eye miakaka ɖe xexeme ƒe ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe, dzigbeme kple anyigbeme katã. Wò kple wò dzidzimeviwo dzi mato ayra anyigba dzi dukɔwo katã.