Genesis 29:33 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eteƒe medidi hafi Lea gafɔ fu o. Egadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Simeon si gɔmee nye “Yehowa see,” elabena egblɔ be, “Yehowa see be womelɔ̃m o, eya ta wògana ŋutsuvi bubum.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyome la egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Eye wògblɔ bena: Yehowa se bena, womelɔ̃a nye nya o; eyata wotso esia hã nam. Eye wòna ŋkɔe bena Simeon.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eyome egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Egblɔ be: “Aƒetɔ se be wolé fum eya ta wòna megadzi ŋutsuvi.” Le esia ta ena ŋkɔe be Simeon.