Genesis 3:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Da nye lã si dze aye wu lã bubu siwo katã Yehowa Mawu wɔ la. Da va nyɔnu la gbɔ, eye wòbiae be, “Ɖe wònye nyateƒe be Mawu de se na mi be migaɖu ati siwo katã le abɔa me la dometɔ aɖeke ƒe tsetsea oa?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke da dze aye wu gbemelã, siwo katã Yehowa Mawu wɔ la, eye wògblɔ na nyɔnu la bena: Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetsea ɖeke o mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ la, da dze aye wu gbemelã siwo katã Aƒetɔ Mawu wɔ la. Ebia nyɔnua be: “Nyateƒe wònye be Mawu gblɔ be: ‘Migaɖu abɔmetiawo ƒe ɖeke o’ a?”