Genesis 3:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mawu gblɔ na Adam be, “Esi nèɖo to srɔ̃wò, eye nèɖu kutsetse si ŋu mede se na mi le ta la, meƒo fi de anyigba ɖe tawò. “Le wò agbemeŋkekewo katã me la, àku kutri be yeakpɔ nuɖuɖu tso anyigba me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na Adam bena: Esi nèse srɔ̃wo ƒe gbe, eye nèɖu ati, si ŋuti mede se na wò be, megaɖu eƒe ɖekeɖeke o la ƒe ɖe la, eyata woaƒo fi ade anyigba le tawò, àkpe fu hafi akpɔ nu àɖu tso me le wò agbe me ŋkekewo katã me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Aƒetɔ gblɔ na Adam be: “Esi nèse srɔ̃wò ƒe gbe, eye nèɖu ati si ƒe tsetsea mede se na wò be mègaɖu o ta la, woaƒo fi ade anyigba le tawò. Àkpe fu hafi akpɔ nu aɖu tso edzi le wò agbenɔɣi blibo la katã.