Genesis 3:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Àdze agbagba le wò agbemeŋkekewo katã me hafi akpɔ abolo aɖu va se ɖe esime nàku. Agatrɔ azu anyi, nu si wotsɔ wɔ wòe la; elabena anyi wotsɔ wɔ wòe, eye anyi ke nàgatrɔ azu.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fifia ate wò hafi nàkpɔ nu aɖu. Ànɔ esia dzi ʋuu va se ɖe esime nàgatrɔ yi anyigba me elabe eya me woɖe wò tsoe. Anyie nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!”