Genesis 30:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Rahel kpɔ be yemele vi dzim o la, eʋã ŋu nɔvia nyɔnu. Egblɔ na Yakob be, “Na madzi vi, ne menye nenema o la, maku.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi Raxel kpɔ bena, yemedzi via ɖeke na Yakob o la, Raxel ʋã ŋu nɔvianyɔnu la, eye wògblɔ na Yakob bena: Na madzi vi; ne menye nenem o la, maku!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Raxel kpɔ be yemedzi vi aɖeke na Yakob o la, eʋã ŋu nɔvia Lea, eye wògblɔ na Yakob be: “Na madzi vi, ne menye nenem o la, maku.”