Genesis 30:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Lea ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, “Èxɔ srɔ̃nye le asinye sesẽtɔe! Ɖe esia mesɔ gbɔ na wò oa? Azɔ ɖe nèdi be yeagaxɔ vinye ƒe agbitsa hã?” Rahel gblɔ nublanuitɔe be, “Ne àna agbitsa la ƒe ɖem la, mana mɔ srɔ̃nye wòadɔ gbɔwò ɖe agbitsa la nu.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eɖo ŋu nɛ bena: Alo mesɔ gbɔ be, nèxɔ srɔ̃nye le asinye oa? Azɔ nèle didim be, nagaxɔ vinye ƒe agbitsa hãa? Tete Raxel gblɔ bena: Ekema nedɔ gbɔwò egbe zã ɖe viwò ƒe agbitsa la nu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Lea ɖo eŋu nɛ be: “Esi nèxɔ srɔ̃nye le asinye ɖe, mesɔ gbɔ na wò oa? Vinye ƒe agbitsa hãe nèbe yeagaxɔ le asinyea?” Raxel gblɔ be: “Ekema tsɔ viwò ƒe agbitsa la nam ne srɔ̃nyea nadɔ gbɔwò ɖe enu egbe ƒe zã.”