Genesis 30:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ma gbe fiẽ, esi Yakob tso gbedzi gbɔna la, Lea yi ɖakpee, gblɔ nɛ be, “Egbe la, nye gbɔe nàdɔ, elabena metsɔ agbitsa siwo vinye gbe vɛ la na Rahel ɖe tawò!” Ale Yakob dɔ Lea gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Yakob gbɔ tso gbe me le fiẽ la, Lea yi ɖakpee gblɔ bena: Gbɔnyee nava, elabena mexe fe ɖe tawo kple vinye ƒe agbitsa! Eye wòdɔ egbɔ le zã ma me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yakob gbɔ tso agble le fiẽ me la, Lea yi ɖakpee gblɔ nɛ be: “Egbe ya gbɔnye dɔ ge nàla, elabe metsɔ vinye ƒe agbitsa xe fe ɖe tawò.” Ale wòdɔ kplii gbe ma gbe ƒe zã.