Genesis 30:35 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ma gbe ke la, eɖe gbɔ̃tsu siwo katã ŋu fli le alo le ŋɔtaŋɔta kple gbɔ̃nɔ siwo katã ŋu fli le, esiwo katã le ɣie kple alẽvi siwo katã le yibɔ la ɖe aga, eye wòtsɔ wo de via ŋutsuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gbemagbe ke wòɖe gbɔ̃tsu, siwo me fli to, kple esiwo tso kpɔ, kple gbɔ̃nɔ, siwo katã le ŋɔtaŋɔta, kple esiwo tso kpɔ — lã sia lã, si me ɣi to — kpakple alẽvi, siwo le yibɔ la, ɖe vovo, eye wòde wo asi na viawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbe ma gbe ke la, Laban ɖe gbɔ̃tsu siwo ƒe agbalẽ me fli to, alo nu yibɔyibɔwo le la ɖe vovo. Nenema ke eɖe gbɔ̃nɔ siwo katã le ŋɔtaŋɔta alo esiwo ƒe agbalẽ me fli ɣi to la ɖe vovo. Azɔ egaɖe alẽvi yibɔwo hã ɖe vovo eye wòtsɔ lã siawo katã de asi na viawo.