Genesis 30:42 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ne lã beliwo le asi yɔm la, eɖea ati ŋɔŋlɔawo ɖa. Ale alẽ siwo ƒe lãme mesẽ tututu o la zua Laban tɔ, eye esiwo le lãmesẽ me la zua Yakob tɔ!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke nenye lã beliwoe la, metsɔnɛ ɖoa woƒe ŋku me o; eyata lã beliawo zua Laban tɔ, ke sesẽawo zua Yakob tɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke meɖoa atiawo lã beliwo ya ŋgɔ o, eya ta lã beliawo ƒe viwo zua Laban tɔ, eye sesẽawo ƒe viwo zua Yakob tɔ.