Genesis 30:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Rahel na ŋkɔe be Dan si gɔmee nye “Afiatsotso,” elabena egblɔ be, “Mawu tso afia nam, ese nye gbedodoɖa, eye wòna ŋutsuvim.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Raxel gblɔ bena: Mawu tso afia nam, ese nye gbe, eye wòna ŋutsuvim. Eyata wòna ŋkɔe be Dan.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Raxel gblɔ be: “Mawu tso afia nam; ese nye gbedodoɖa, eye wòna viŋutsum. Ale wòna ŋkɔe be Dan.