Genesis 31:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yakob va nya be Laban ƒe viwo nɔ liʋĩliʋĩ lĩm be, “Nu sia nu si le esi la do tso mía fofo ƒe nuwo me. Eƒe kesinɔnuwo katã tso mía fofo gbɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi Laban viŋutsuwo gblɔ bena: Yakob da dzo mía fofo ƒe nuwo katã, eye nusiwo nye mía fofo tɔ la, woawoe wòxɔ wɔ eƒe kesinɔnu siawo katãe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yakob se Laban viŋutsuwo le gbɔgblɔm be: “Yakob xɔ mía tɔ́ ƒe nuwo katã. Kesinɔnu siwo katã le esi la, mía tɔ́ tɔ me wotso.”