Genesis 31:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Le lãawo ƒe asiyɔɣi la, meku drɔ̃e, eye mekpɔ be gbɔ̃tsu siwo katã nɔ asi yɔm la nye lã siwo me fli to kple esiwo nɔ ŋɔtaŋɔta la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi lãwo le asi yɔm la, meku drɔ̃e kpɔ bena, lãtsu, siwo me fli to, esiwo le ŋɔtaŋɔta, kple esiwo tso kpɔ sɔŋ, le lãnɔwo liam.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le lãwo ƒe asiyɔɣi la, meku drɔ̃e, eye mekpɔ lãtsuwo wole asi yɔm. Lãtsu siwo le asi yɔm la nye esiwo ƒe agbalẽ me fli to, esiwo tɔ le ŋɔtaŋɔta kple esiwo tɔ me yibɔ kple ɣiwo le la.