Genesis 31:26 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Laban bia Yakob be, “Nu kae nye esi nèwɔ hesi dzo le adzame ale? Ɖe vinyenyɔnuwo nye aboyome siwo wolé le aʋa me, eya ta nèkplɔ wo si dzoe alea?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Laban gblɔ na Yakob bena: Nuka nye esi nèwɔ, eye nèblem hekplɔ vinyenyɔnuwo dzoe abe aboyomewo ene?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Laban bia Yakob be: “Nu ka nye esi nèwɔ, flum, hekplɔ vinye nyɔnuwo dzoe abe aboyomewoe wonye ene?