Genesis 31:38 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Menɔ gbɔwò ƒe blaeve sɔŋ. Le ɣeyiɣi ma katã me la, mekpɔ wò alẽnɔwo kple gbɔ̃nɔwo dzi, ale be wodzi vi lãmesesẽtɔwo na wò, eye nyemewu wò agbo ɖeka pɛ gɔ̃ hã ɖa ɖu o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ƒe blave enye si menɔ gbɔwò, fu mege le wò alẽnɔ kple wò gbɔ̃nɔa ɖeke ŋu kpo o, eye nyemele agboa ɖeke tso wò alẽha la me ɖu kpo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Menɔ gbɔwò ƒe bla eve sɔŋ; fu mege le wò alẽ alo wò gbɔ̃ aɖeke ƒo kpɔ o. Nyemelé agbo le wò alẽha la me ɖa ɖu kpɔ gɔ̃ hã o.