Genesis 31:43 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Laban ɖo eŋu na Yakob be, “Vinyewoe nye nyɔnu siawo; ɖevi siawo hã tɔnyewoe. Lãha siawo kple nu siwo katã le asiwò la, tɔnyee wonye, eya ta nu ka ta mawɔ nuvevi nye ŋutɔ vinyewo kple nye tɔgbuiyɔviwo ɖo?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Laban ɖo ŋu na Yakob bena: Nyɔnuawo tɔnyewoe, ɖevia wo hã tɔnyewoe, lãwo tɔnyewoe, eye nusianu, si kpam nele la, tɔnyee! Ke nuka mawɔ ɖe vinyenyɔnuwo kple vi, siwo wodzi la ŋu?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Laban ɖo eŋu na Yakob be: “Nyɔnu siawo la, vinyewoe, wo viwo hã nye tɔnye, eye lãhawo hã tɔnyewoe. Le nyateƒe me la, nu sia nu si le afii la, tɔnyee. Nu ka mate ŋu awɔ ɖe nye ŋutɔ vinye nyɔnuwo kple vi siwo wodzi la ŋu?