Genesis 31:52 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Kpekɔ sia nye ɖasefo, eye sɔti sia hã nye ɖasefo be nyemava to kpekɔ sia ŋu be mava wò akpa dzi ava wɔ nuvevi aɖeke wò o, eye be wò hã màto kpekɔ kple sɔti sia ŋu ava nye akpa dzi be nàva wɔ nuvevi aɖekem o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpekɔ sia kple dzesikpe la anye ɖase Nyemekpɔ mo ato kpekɔ sia kple dzesikpe sia ŋu ava gbɔwo o, eye wò hã mekpe mo aɖo tame vɔ̃ ato kpekɔ sia kple dzesikpe sia ŋu ava gbɔnye o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpekɔ kple ŋkuɖodzikpe siawo zu ŋkuɖodzinu na mí ɖaa. Nyemadze to kpekɔ sia ŋu ava wɔ nu vevi wò o. Nenema ke wò hã màdze to kpekɔ sia kple ŋkuɖodzikpe sia ŋu ava wɔ nu vevim o.